John 21:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome be nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke Yesu megblɔ be mele kuku ge o; ɖeko wògblɔ be, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esime matrɔ ava la, wò nyaea?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nya sia ɖo nɔviawo dome bena, nusrɔ̃la ma mele kuku ge o; eye Yesu megblɔ ne bena, mele kuku ge o, ke boŋ: Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya sia kaka ɖe Yesu yomedzelawo dome be nusrɔ̃la sia maku o. Evɔ la, Yesu megblɔ nɛ be maku o, ke boŋ ɖe wògblɔ nɛ be: “Ne medi be neganɔ anyi va se ɖe esime magbɔ ɖe, etsɔ gbɔwòa?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke nya sia kaka ɖe nɔvia nusrɔ̃la bubuwo dome bena, nusrɔ̃la sia mele kuku ge o. Ke menye nya siae Yesu gblɔ kura o, ɖeko wògblɔ bena, “Ne medi be wòanɔ agbe va se ɖe esi magava la, wò nyaea?”