John 21:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe da ɖi la, mesusu be xexea me katã gɔ̃ hã melolo agbalẽ siawo nanɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ lãgbalẽ, siwo ŋlɔ ge wòala o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gawɔ nu bubu geɖewo hã. Nenye ɖe woŋlɔ wo katã da ɖi ɖekaɖeka la, mebu be womate ŋu akpɔ agbalẽawo daɖoƒe le xexe blibo la katã gɔ̃ hã me o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu wɔ nu bubu geɖewo hã kpe ɖe esiawo ŋu. Ne woaŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖi la, mesusu be xexeame katã gɔ̃ hã malolo na agbalẽ siawo tsɔtsɔ o.