John 21:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Simɔn Petro be, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia teti ko la, etsɔ eƒe awu do kaba (elabena eɖee), eye wòti kpo dze tɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nusrɔ̃la ma, si Yesu lɔ̃na la, gblɔ na Petro bena: Aƒetɔ lae! Azɔ esi Simon Petro se bena, Aƒetɔ lae la, etso eƒe dziwui sa ɖe ali, elabena amama wòle, eye wòdzo kpo dze ƒu la me doo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nusrɔ̃la si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o la gblɔ na Petro be: “Aƒetɔ lae!” Esi Petro se be Aƒetɔ lae la, etsɔ eƒe dziwui sa ɖe ali elabe amama wòle ɖi, eye wòdzo dze tsia me doo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie la gblɔ na Petro bena, “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ lae!” Esi Petro se nya sia ko la, etsɔ eƒe awu do kaba elabena avɔ kakɛ aɖe koe wòsa ɖe ali, eye wòdzo dze tɔa me doo, heƒu tsi va gota.