John 3:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃ la; àte ŋu ase eŋkɔ, gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o. Nenema ke wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ya ƒona yia afi si dze eŋu, eye nèsea eƒe ɖiɖi ko, ke mènya afi si wòtso kple afi si yim wòle la o. Nenema kee nye ame sia ame si wodzi tso Gbɔgbɔ la me la hã.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃, ãte ŋu ase eŋkɔ gake mãte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o, nenema kee wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me.”