John 4:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta mi Yudatɔwo miegblɔna be Yerusalem kokoko wòle be woasubɔ Mawu le, evɔ mí Samariatɔwo hã míebe ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi, elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mia fofowo doa gbe ɖa le to sia dzi, eye miawo miegblɔ bena, teƒe le Yerusalem, afisi wòle be, woaɖo gbe ɖa le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mía tɔgbuiwo subɔ Mawu le to sia dzi, ke mi Yudatɔwo ya miebe Yerusalem koe nye afi si wòdze be woasubɔ Mawu le.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu ka tae mi Yudatɔwo mienɔa gbɔgblɔm godoo be, Yerusalem kokokoe wòle be woasubɔ Mawu le, evɔa mí Samariatɔwo hã miebe, ele be woasubɔ Mawu le to sia dzi elabena afi siae mía tɔgbuiwo subɔe le?”