John 4:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbeɖoɖala siawo tɔgbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ɣeyiɣi li gbɔna, si me mawusubɔla vavãwo asubɔ Tɔ́ la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me elabe ame siawo tɔgbee Tɔ́ la di be woasubɔ ye. Nenem ɣeyiɣi sia de gɔ̃ hã xoxo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi