John 4:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do, eye wòwɔ nuku na wo be Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe, gake wo dometɔ aɖeke mebia be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka ta nèle dze ɖom kple nyɔnu la ɖo?” o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wole esia dzi eƒe nusrɔ̃lawo va, eye wòwɔ mo yaa na wo bena, ele nu ƒom kple nyɔnua ɖe, gake amea ɖeke megblɔ bena: Nuka dim nèle alo nuka nu ƒom nèle kplii mahã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ko Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gbɔ va ɖo. Ewɔ nuku na wo be ele nu ƒom kple nyɔnu. Ke wo dometɔ aɖeke mebia be, “Nu ka dim nèle?” alo “Nu ka ta nèle nu ƒom kple nyɔnua?” mahã o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wògblɔ nya sia vɔ teti ko la, eƒe nusrɔ̃lawo va do. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ bena Yesu nɔ dze ɖom kple nyɔnu aɖe gake wo dometɔ aɖeke mebia nu si ta wòle nu ƒom kple nyɔnua alo nu si me dzrom wonɔ la o.