John 4:42 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to la be, “Míawo hã míexɔ edzi se, elabena míawo ŋutɔ hã míese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Míenya be ame siae nye xexea me ƒe Ɖela la vavã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wogblɔ na nyɔnua bena: Azɔ menye le wò nuƒoƒo ŋuti miexɔe se ɖo o; elabena mía ŋutɔwo miese, eye mienya bena, ame siae nye xexeame xɔla vavã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wogblɔ na nyɔnu la be: “Meganye wò nyawo tae míexɔ se ɖo o. Míawo ŋutɔe see eye míedze sii be ame siae nye xexea me Xɔla vavã.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale wova gblɔ na nyɔnu si do goe gbã le vudoa to be, “Azɔ la, miawo hã miexɔ edzi se elabena míawo ŋutɔ hã miese nya geɖewo tso eƒe nu me, ke menye le wò ɖaseɖiɖi ɖeɖe ko ta o. Le nyateƒe me la, ame siae nye xexeame ƒe Đela vavã.”