John 4:45 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe nyuie, elabena wokpɔ nukunu siwo katã wòwɔ le Yerusalem, esi woyi ɖaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ esi wòva Galilea la, Galileatɔwo xɔe, esime wokpɔ nusiwo katã wòwɔ le Yerusalem le ŋkekenyuie la ɖu ƒe; elabena woawo hã de ŋkekenyuie la ɖuƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yesu va ɖo Galilea la, woxɔe atuu elabe esi wode ŋkekenyui ɖuƒe le Yerusalem la, wokpɔ nu siwo katã wòwɔ le ŋkekenyui la ɖuɖu me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake esi wòyi Galilea la, Galileatɔwo xɔe alɔ eve, elabena ewɔ nukunu geɖewo wokpɔ le Yerusalem esi wòyi ɖaɖu ŋutitotoŋkeke nyui la le afi ma.