John 4:52 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋafia la bia gaƒoƒo si me tututu via ƒe lãme sẽ la wo. Woɖo eŋu nɛ be, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã la vɔ nɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòbia gaƒoƒo, si dzi wòka ɖe eme nɛ la wo tsitotsito. Eye wogblɔ nɛ bena: Etsɔ le gaƒoƒo adrelia dzi ŋudza la dzo le edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amegã la bia gaƒoƒo si dzi ɖevia de asi hayahaya me, eye wogblɔ nɛ be: “Etsɔ si va yi ƒe ɣetrɔ ga ɖeka mee asrã la kɔ́ le edzi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Aʋafia la bia wo be woagblɔ gaƒoƒo si me tututu ŋutsuvi la ƒe lãme sẽ la na ye. Woɖo eŋu nɛ bena, “Etsɔ, anɔ abe ŋdɔ ga ɖeka me ene la, asrã sesẽ la dzo ɖa le edzi kpata.”