John 4:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Samaria nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Yudatɔ nènye, eye menye Samariatɔ. Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?” (Elabena Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Samaria-nyɔnu la gblɔ na Yesu be: “Ale ke wɔ wò Yudatɔ, nèle tsi nono biam nye, Samaria-nyɔnu?” Elabe Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ewɔ nuku na Samaria nyɔnua ŋutɔ be Yesu si nye Yudatɔ la bia nu ye Samariatɔ. Le nyateƒe me la, Yudatɔwo meƒoa nu kple Samariatɔwo o. Le esia ta Samaria nyɔnua gblɔ na Yesu bena, “Aleke wò Yudatɔ, nèle tsi biam nye Samaria nyɔnu be yeano?”