John 5:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ta, Yudatɔwo do dɔmedzoe ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be, “Egbee nye Dzudzɔgbe, eya ta se la meɖe mɔ be nàlé wò aba ɖe asi o. Mɔɖeɖe hã meli be nàlé aba ɖe asi anɔ yiyim o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti Yudatɔwo gblɔ na amesi ŋu woda gbe le la bena: Egbee nye Sabat, eye womeɖe mɔ na wò be, natsɔ wò aba o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ale Yudatɔwo gbe nya na ame si ŋu woda gbe le la gblɔ be: “Egbee nye Dzudzɔgbe. Se meɖe mɔ be nàtsɔ wò aba o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia ta la, Yudatɔwo ƒe dumegãwo kpɔ dziku ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu wòda gbe le be, “Egbee nye Sabat, eya ta mèkpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke o. Mɔɖeɖe hã meli be nalé aba ɖe asi anɔ yiyim o!”