John 5:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nusiawo megbe la Yesu kpɔe le mawuƒe la me, eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, megãwɔ nuvɔ̃ azɔ o, bena ne nu vɔ̃ɖi wu esia nagawɔ wò o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe la, Yesu kpɔ ame la le mawuxɔ la me eye wògblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò lã me sẽ! Mègawɔ nuvɔ̃ azɔ o. Ne ègawɔe la, nuvɔ̃ɖi wu esia awɔ wò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Emegbe la, Yesu va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me eye wògblɔ nɛ bena," “Azɔ la, wò lãme sẽ eya ta mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò emegbe la, avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”