John 5:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o; nu si wòwɔna la nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la, elabena nu si Fofo la wɔ la, eyae Via hã wɔna.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na wo be: “Nyateƒe tom mele na mi, be Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o. Nu si wɔm Tɔ́ la le wòkpɔ la, eya kee Vi la hã wɔna.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, nu si wòwɔna lae nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm.