John 5:30 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nye la, nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu. Nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“ Nyemate ŋu awɔ naneke le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Nu si mese la, eya nue medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe elabe nyemewɔa nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nue mewɔna.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Nye la medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke hã o, negbe ne Fofo la di tso asinye ko. Hekpe ɖe esia ŋu la, medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu eye ame ŋkumekpɔkpɔ mele eme o, elabena medrɔ̃a ʋɔnu ɖe Mawu si dɔm ɖa la ƒe didi nu. Nye la nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna.