John 5:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.]
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ɣeaɖewoɣi la mawudɔla ɖe ɖina ɖe ta la me, eye wòblua tsi la: eye amesi tre tsi la me dzedze le eƒe bublu megbe la, ƒe lãme sẽna tso dɔ sia dɔ, si lém wòle la me. —
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe ɣe aɖewo ɣi la, Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe va gena ɖe tsia me heblunɛ. Ale be ame sia ame si tre gege ɖe tsia me, le ebublu vɔ megbe la, dɔ ɖe sia ɖe si lém wòle la vɔna nɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina ɖe tsi la me heblunɛ, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la, ƒe dɔ si lém wònɔ la vɔna nɛ.