John 5:44 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ke lawɔ miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu dim tso mia nɔewo gbɔ eye miedi kafukafu si tso Mawu ɖeka hɔ̃ la ko gbɔ o?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mewɔ nuku nam bena miegbe bena yewomaxɔ dzinye ase o. Elabena miedea bubu mia nɔewo ŋu kple dzidzɔ gake mietsɔ ɖeke le eme na bubu si Mawu ɖeka hɔ̃ɔ hã de mia ŋu o!