John 6:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Gbe sɔ gbɔ ɖe teƒe sia. Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ (5,000) la nɔ anyi ɖe gbeawo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ bena: Mina ameawo nabɔbɔ nɔ anyi. Ke gbe mumu geɖe le afima. Eye ŋutsu, siwo ƒe xexlẽme nu anɔ akpe atɔ̃ la, bɔbɔ nɔ anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ be: “Mina ameawo nabɔbɔ nɔ anyi.” Azɔ gbe geɖe le afi ma. Ale ŋutsu siwo ade abe akpe atɔ̃ ene la bɔbɔ nɔ anyi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mina ame sia ame nanɔ anyi.” Ale ame siwo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃ la nɔ anyi ɖe gbe dama la dzi.