John 6:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Migawɔ dɔ ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu si kplɔa ame yina ɖe agbe mavɔ me si Nye, Amegbetɔ Vi la mana mi la ta. Eya dzie Mawu Fofo la da asi ɖo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migaku kutri ɖe nuɖuɖu si gblẽna la ta o, ke boŋ miku kutri ɖe nuɖuɖu si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta. Nuɖuɖu siae Amegbetɔ Vi la lana mi, elabe eyama dzie Mawu Tɔ́ la da asi ɖo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nuɖuɖu tea ŋu gblẽna, eya ta migatsi dzi ɖe nu siwo gblẽna la ŋu akpa o. Ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋusẽ katã ti agbe mavɔ si Nye, Mesia alo Amegbetɔ Vi la mana mi la yome. Elabena esia tae Mawu Fofo la ɖom ɖe xexeame.”