John 6:35 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na wo be: “Nyee nye abolo si naa agbe la. Ame si va gbɔnye la dɔ mawui gbeɖe o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ mawui akpɔ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Nyee nye abolo vavã si naa agbe amewo. Ame sia ame si ava gbɔnye la, dɔ magawui akpɔ o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ hã magawui gbeɖegbeɖe o.