John 6:40 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena Fofonye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔa Via dzi, eye wòxɔ edzi se la, akpɔ agbe mavɔ, eye mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tɔ́nye ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame sia ame si kpɔ Vi la, eye wòxɔ edzi se la nakpɔ agbe mavɔ, eye nye la, mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mlɔetɔ la dzi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enye Fofo la ƒe didi vevie hã be, ame sia ame si kpɔ Via eye wòxɔ edzi se la, nakpɔ agbe mavɔ eye mafɔe ɖe tsitre le Nuwuwuŋkekea dzi.”