John 6:42 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔ be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef ƒe vi la oa? Míenya fofoa kple dadaa ɖe! Nu ka ta wòle gbɔgblɔm na mí fifia be, ‘Metso dziƒo va ɖo?’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yesu, Yosef vi la, amesi toto kple dada miawo mienyã lae o ɖe? Azɔ aleke wɔ amesia le gbɔgblɔm bena: Meɖi tso dziƒo va mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ be: “Ɖe menye Yesu, ame si nye Yosef vi lae nye esia oa? Míenya tɔ́a kple dadaa ɖe. Azɔ ale ke wɔ wòle gbɔgblɔm be yeɖi tso dziƒo va?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wodo ɣli hoo be, “Nu ka! Menye ame siae nye Yesu, Yosef vi la oa? Mienya fofoa kple dadaa ɖe! Ke nu ka koŋ gblɔm wòle fifia? Đe wòle gbɔgblɔm be dziƒoe yetso va?”