John 6:44 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa la hee ɖe ŋunye, eye le nuwuwuŋkeke la dzi la, mana ame siawo natsi tsitre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm da lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Tɔ́nye si dɔm ɖa lae hee vɛ o. Nye la, mafɔe ɖe tsitre le ŋkeke mlɔetɔ la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, negbe Fofo si dɔm ɖa lae hee ɖe ŋunye, eye le Nuwuwuŋkekea dzi la, mana ame siawo katã ƒomevi natsi tre.