John 6:45 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si woŋlɔe ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene la, ‘Mawu afia nu wo katã.’ Ame siwo katã ɖo to Fofo la, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la vaa gbɔnye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woŋlɔ de nyagblɔlawo me bena: „Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.“ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woŋlɔ ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbalẽ me be, ‘Mawu lafia nu amewo katã!’ Ame sia ame si ɖoa to Tɔ́ la eye wòsrɔ̃a nu tso egbɔ la, vaa gbɔnye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya mee ene la, ‘Woafia nu wo katã tso Mawu ŋuti.’ Ame siwo katã Fofo la ƒo nu na, eye wosrɔ̃ nyateƒe la le egbɔ la, ava gbɔnye.