John 6:52 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome ɖe nya si Yesu gblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia atsɔ eƒe ŋutilã na mí be míaɖu?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ Yudatɔwo he nya le wo nɔewo dome gblɔ bena: Aleke amesia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí, be míaɖu mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yudatɔwo ʋli nya le Yesu ƒe nya siawo ŋuti le wo nɔewo dome ŋutɔ hebia be: “Ale ke ame sia ate ŋu ana eƒe ŋutilã mí bene míaɖu?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ ʋiʋli gaɖo Yudatɔwo dome tso nya si tututu gblɔm Yesu nɔ la ŋuti. Wobia wo nɔewo be, “Aleke ŋutsu sia awɔ atsɔ eƒe ŋutilã ana mi be míaɖu?”