John 6:64 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o, kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame aɖewo le mia dome siwo mexɔe se o.” Yesu dze si ame siwo mexɔ edzi se o kple ame si lafia eyome mɔ la tso gɔmedzedzea me ke.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake va se ɖe fifia la, mia dometɔ aɖewo mexɔ dzinye se o.” Ke Yesu nya ame siwo mexɔ edzi se o kple ame si le ede ge asi la tso gɔmedzedzea me ke.