John 7:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo, gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Ɖe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye kpɔ ɖa, ele nu ƒom faa, eye womegblɔa nyaa ɖeke nɛ o. Ɖe dumegãwo dze sii vavã bena, amesiae nye Kristo la mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyae nye esi le nu ƒom faa le dutoƒo eye ame aɖeke mebia nya aɖekee o! Ɖe eme kɔ na dumegãwo azɔ keŋ be ame siae nye Kristo laa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame lae nye esi le afii le mawunya gblɔm le dutoƒo gake ame aɖeke mebia nya aɖekee o. Đe míaƒe dumegãwo xɔe se mlɔeba be eyae nye Kristo la vavã?