John 7:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be, “Ele be nàdzo le afi sia ayi Yudea, be wò nusrɔ̃lawo nakpɔ nukunu siwo nèwɔna la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete la nɔviawo gblɔ nɛ bena: Dzo le afisia, eye nayi Yudea, bena wò nusrɔ̃lawo hã nakpɔ wò dɔwɔwɔ, siwo nèwɔna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Yesu nɔviŋutsuwo gblɔ nɛ be: “Dzo le afi sia nàyi ɖe Yudea-nutome bene wò nusrɔ̃la siwo le afi ma hã nakpɔ dɔ siwo wɔm nèle.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ŋkekea tu aƒe ta la, Yesu nɔviŋutsuwo va ƒoe ɖe enu be neyi Yudea ne wòaɖu ŋkekenyuia le afi ma. Nɔviawo gblɔ nɛ be, “Míedi be nãyi Yudea elabena amewo le afi ma fũu si ate ŋu akpɔ wò nukunuwɔwɔwo.