John 8:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le fɔŋli la, egatrɔ yi gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo ƒu ɖe eŋu, eye wònɔ anyi hefia nu wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye le ŋdikanya la egava mawuƒe la me, eye ameha la katã va egbɔ, eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, efiã nu wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yesu gava mawuxɔ la me, eye amewo katã va egbɔ. Ebɔbɔ nɔ anyi eye wòfia nu wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake esi ŋu ke ko la, egatrɔ va gbedoxɔ la me. Ameha gã aɖe gaƒo zi ɖe eŋu, eye wòbɔbɔ nɔ anyi hefia nu wo.