John 8:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge. Miadim, gake miakpɔm o. Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me. Afi si meyina la, miate ŋu ava o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ egagblɔ na wo bena: Nye la mele dzodzo ge, eye miadim, eye miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ la me afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gagblɔ na ameawo be: “Nye la, mele dzodzo ge. Miadim eye miaku ɖe miaƒe nuvɔ̃ me. Afi si nye la meyina la, miawo miate ŋu ava o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gagblɔ na wo hã be, “Nye la mele dzodzo ge, miadim gake miakpɔm o, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.”