John 8:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya geɖe le asinye magblɔ tso mia ŋuti, eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta. Ame si dɔm la nye nyateƒetɔ, eye nya siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexea me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nu geɖewo le asinye, be magblɔ, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mia ŋuti; ke amesi dɔm ɖa la, enye nyateƒetɔ, eye nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya geɖe le asinye ɖe mia ŋu, be matsɔ abu fɔ mi, ke ame si dɔm ɖa la, nyateƒetɔ wònye eye nu si mese tso egbɔ la ƒe gbeƒã ɖem mele na xexea me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nye la nu geɖewo li mate ŋu agblɔ tso mia ŋuti eye mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe wo ta gake nyemawɔ esia o, elabena ame si dɔm ɖa la, eyae nye nyateƒetɔ la, eye nu siwo mese tso egbɔ lae megblɔna na xexeame.”