John 8:28 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, ekema mianya be, nyee nye ame si megblɔ be menye la, eye nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ nya siwo Fofo la fiam be magblɔ la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ na wo bena: Ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi la, ekema miadze sii bena, nyee; eye bena nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ abe alesi Fofonye fiãm ene la, nu mawo ke megblɔna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta egblɔ na wo be: “Ne miekɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi la, hafi miadze sii be nyee nye ame si mebe menye la, eye nyemele naneke wɔm le nye ŋutɔ nye ŋusẽ me o. Nu si Tɔ́ la fiam lae megblɔna.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale Yesu gagblɔ na wo be, “Le nye ku kple tsitretsitsi vɔ megbe hafi miakpɔe adze sii be, nyee nye Mesia la, eye nya siwo katã menɔ gbɔgblɔm na mi la, menye nye ŋutɔ nye nya kpakpawo o, ke boŋ wonye nya siwo Fofo la fiam be magblɔ.