John 8:39 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu gblɔ be, “Gbeɖe! Ɖe mienye Abraham ƒe viwo la, ne miawɔ nu si Abraham wɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woxɔ dzi gblɔ nɛ bena: Mia fofoe nye Abraham. Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe Abraham viwo mienye la, ne miawɔ Abraham ƒe dɔwɔwɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblɔ nɛ be: “Mía tɔ́e nye Abraham.” Yesu gblɔ na wo be: “Nenye Abraham viwo mienye la, anye ne miawɔ nu abe Abraham ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameawo gaɖo eŋu nɛ be, “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Gbeɖe! Abraham menye mia fofo o, ne mia fofoe wònye la, anye ne miadze kpɔɖeŋu nyui si wògblẽ ɖi na mi la yome.