John 8:52 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò vavã, elabena Abraham kple nyagblɔɖilawo hã ku. Ke wò la, èle gbɔgblɔm be ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Azɔ ko míedze sii bena, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, eye wòa nèle gbɔgblɔm bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku ɖɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Eme kɔ na mí azɔ koŋ be gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Abraham ku; Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã ku. Nya ka wònye gblɔm nèle be, ‘Ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, mele kuku ge gbeɖe o.’ mahã?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔwo ƒe dumegãwo gagblɔ nɛ be, “Azɔ míeka ɖe edzi be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le mewò vavã, elabena Abraham kura kple nyagblɔɖila gã siwo nɔ anyi kpɔ la ku, ke wò la, èle gbɔgblɔm na mi fifia be, ame si xɔ ye dzi se la maku gbeɖe o.