John 8:54 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, ame si miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu ɖo ŋu bena: Nenye ɖe mekafu ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o; Fofonye li, amesi miawo miele gbɔgblɔm bena, enye miaƒe Mawu la, eyae le kafuyem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ɖo eŋu be: “Ne mekafu ɖokuinye la, nye kafukafu la maɖe vi o. Tɔ́nyee nye ame si le kafuyem. Eyae nye ame si miawo miegblɔ be enye miaƒe Mawu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye nye ŋutɔe le ɖokuinye kafum la, ekema nye kafukafu la menye naneke o, ke Fofonye, si miawo hã miebe enye yewoƒe Mawu lae le kafuyem.