John 8:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi woganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo la, efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be “Mia dometɔ si mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o la netre kpe la ƒuƒui!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wogale ebiabia dzi la, efɔ kɔ te, eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke nuvɔ̃ mele eŋuti le mia dome o la, netre kpe la fɔfɔ ƒui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi woganɔ nya biamee kokoko la, Yesu fɔ kɔ dzi gblɔ na wo be: “Mia dometɔ si ŋu nuvɔ̃ mele o la, netsɔ kpe ƒu nyɔnu la gbã.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameawo ganɔ fu ɖem nɛ kokoko be neɖo nya la ŋu na yewo, eya ta efɔ kɔ dzi gblɔ na wo be, “Enyo, miƒu kpe nyɔnu sia ne wòaku, gake ame si ŋu nu vɔ̃ aɖeke mele o la, netre kpea ƒuƒui.”