John 9:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Farisitɔ la hã biae be aleke wòwɔ hafi nèle nu kpɔm? Egblɔ na wo be, “Etsɔ ba sisi ɖe nye ŋkuwo dzi, eye meɖale tsi, eye nye ŋkuwo ʋu, eye mele nu kpɔm.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete farisitɔwo hã gabiae, alesi wòwɔ hafi kpɔ nu. Eye wògblɔ na wo bena: Anyi wòtso heɖo nye ŋkuwo dzi, eye mele tsi, eye mele nu kpɔm.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Farisitɔwo gabia ale si wòwɔ hafi eƒe ŋku ʋu lae. Egblɔ na wo be: “Anyie wònya hetsɔ sisi ɖe ŋku dzi nam, eye esi meyi ɖale tsi ko la, mele nu kpɔm.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Farisitɔ siwo gbɔ wokplɔ ŋutsua vɛ la biae be wòagblɔ nu si va eme la na yewo. Ale wògblɔ ale si Yesu tsɔ ba sisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye esi wòyi ɖale tsi ko la, eƒe ŋkuwo ʋu eye wòde asi nukpɔkpɔ me la na wo.