John 9:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete farisitɔwo dome ɖewo gblɔ bena: Amesia la menye Mawu gbɔ wòtso o, elabena medzra Sabat la ɖo o. Bubuwo gblɔ bena: Aleke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawo tɔgbe mahã? Eye mamã ɖo wo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Farisitɔ aɖewo gblɔ be: “Menye Mawu gbɔe ame sia tso o, elabe mewɔ ɖe Dzudzɔgbe ƒe ɖoɖo dzi o.” Ke ame bubuwo ya bia be: “Ale ke nuvɔ̃wɔla ate ŋu awɔ dzesi siawoe?” Tete ameawo dome ma.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Farisitɔawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nenye be Yesu sia do dzi da gbe le ame ŋu le Sabat ŋkeke dzi la, ekema menye Mawue dɔe ɖa o.”