John 9:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, wogatrɔ ɖe ŋkuagbãtɔ la ŋu hebiae be, “Ame ka ƒomevi nèbu be enye? Wòe wòʋu ŋku na.” Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Nyagblɔɖila wònye.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ wògagblɔ na ŋkuagbãtɔ la bena: Wò la, esi woʋu ŋkuwo na wò la, aleke gblɔm nèle le eŋuti mahã? Eye wògblɔ bena: Nyagblɔɖila wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Farisitɔwo yi edzi bia ŋutsu la be: “Esi wònye eyae ʋu ŋku na wò ɖe, ale ke nèbu le eyama ŋuti?” Ŋutsu la ɖo eŋu be: “Mawu ƒe gbeƒãɖelae wònye.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Faristɔawo gatrɔ ɖe ame si woʋu ŋku na la gbɔ hebiae be, “Wò ŋutɔ ɖe alekee nye wò susu le ame si ʋu ŋku na wò la ŋu,? Ame ka ƒomevi nèbu be enye?” Ŋutsua ɖo eŋu na wo bena, “Le nye nukpɔkpɔ nu la, enye nyagblɔɖila aɖe si Mawu dɔ ɖo ɖa.”