John 9:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wògblɔ nya sia la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wòtsɔ ta la blu ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wògblɔ esiawo la, eɖe ta ɖe anyigba, eye wotsɔ ta la henyã anyi, eye wòtsɔ anyi la hesisi ɖe eƒe ŋkuwo dzi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yesu gblɔ esia la, eɖe ta ɖe anyigba nya anyii eye wòtsɔ ba la sisi ɖe ame la ƒe ŋkuwo dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia megbe la, Yesu ɖe ta ɖe anyigba eye wòwɔ ba vi aɖe ɖe asi hesisi ɖe ŋkuagbãtɔ la ƒe ŋkuwo dzi.