John 9:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblɔ nɛ bena: Yi, nale tsi le Siloa-ta la me (si gɔme enye wodɔe ɖa). Tete wòyi ɖale tsi la, eye wòva le nu kpɔm.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ nɛ be: “Heyi nàle tsi le Siloam-tá me.” (Ŋkɔ “Siloam” gɔmee nye “Wodɔe ɖa.”) Ale ŋutsu la yi ɖale tsia, eye wòle nu kpɔm trɔ gbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nãle tsi le Siloam Ta la me.” Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa.” Ŋkuagbãtɔ la tso kpla eye wòdze mɔ yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu nyuie wònɔ nu kpɔm.