Jonah 1:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya sia sese na wovɔ̃, eye wobiae be, “Nu ka nèwɔ?” Elabena ameawo nya be ɖe wònɔ sisim le Yehowa nu, elabena egblɔe na wo do ŋgɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ŋutsuawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Nukae nèhewɔ ma? Elabena wonyae be, Yehowa nu wòsi le; elabena etoe na wo tsã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yona yi edzi gblɔ na ameawo be Aƒetɔ gbɔe yele sisím le. Ameawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wobiae: “Nu kae nye esi nèwɔ?” Elabe be ameawo nya be enɔ sisím le Aƒetɔ nu; elabe egblɔe na wo do ŋgɔ.