Jonah 1:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ gã aɖe lé ʋukulawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ eƒe mawu yɔm kple ɣli, eye wotsɔ agba si wodo na meli la ƒu gbe ɖe atsiaƒu la me be meli la nazu wodzoe vie. Esi nu siawo katã nɔ edzi yim la, Yona ya nɔ alɔ̃ dɔm dzidzemetɔe le afi si wòbe ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ʋukulawo vɔ̃, eye wo dome amesiame do ɣli yɔ eƒe mawu, eye wotsɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ɖe ƒu me, ne woazu wodzoe, ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, eye wòmia anyi do alɔ̃ yi me ʋĩ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete vɔvɔ̃ ɖo ʋukulaawo, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe yɔ mawu si wòsubɔna la. Wofɔ agba siwo le ʋua me la ƒu gbe ɖe ƒua me, be ʋua nazu wodzoe. Ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, mlɔ anyi, dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi.