Jonah 4:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Edo gbe ɖa na Yehowa be, “O Yehowa, ɖe menye esiae megblɔ esi mele mía dedu me oa? Esia ta le gɔmedzedzea me la, mesi ɖo ta Tarsis, elabena menya be Mawu, amenuvela kple nublanuikpɔlae nènye. Ègbɔa dzi blewu; lɔlɔ̃ matrɔ bɔ ɖe asiwò, eye nètsɔa nu vɔ̃wo kena.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nenye, egbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ gblɔ be: “Aƒetɔ, taflatsɛ, nya sia ko megblɔ esime menɔ mía dee! Aleae mebu le gɔmedzedzea eya ta mesí yina Tarsis ɖo! Elabe menyae be Mawu si vea ame nu, eye wòkpɔa nublanui na ame lae nènye. Mèkpɔa dziku kabakaba o; ènyoa dɔme tegbee, eye nètrɔa tame tso vɔ̃ wɔwɔ gbɔ.