Joshua 1:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta mia srɔ̃wo kple mia viwo kple miaƒe lãwo atsi afi sia. Ke ele na miaƒe aʋawɔlawo be woabla akpa, akplɔ ame bubuawo atso tɔsisi lae, akpe ɖe wo ŋu be, woaxɔ anyigba si le tɔsisi la godo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mina mia srɔ̃wo kple mia viwo kpakple miaƒe lãwo natsi anyigba, si Mose na mi le Yordan godo la dzi; ke kalẽtɔwo katã nabia akpa adze wo nɔviwo ŋgɔ, ne woakpe ɖewo ŋu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mina mia srɔ̃wo, mia viwo kple miaƒe lãhawo nanɔ anyigba si Mose na mi le Yordan-tɔsisia godo la dzi. Ke kalẽtɔ siwo katã le mia dome la natsɔ aʋawɔnuwo, adze wo nɔvi Israelvi bubuawo ŋgɔ atso Yordan-tɔsisia, ale be woakpe ɖe wo ŋu,