Joshua 1:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe hafi miate ŋu ava nɔ afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
vaseɖe esime Yehowa ana mia nɔviwo hã nakpɔ gbɔdzɔe abe miawo ke ene; eye ne Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba, si wòle wo na ge, na wo la, ekema miagbugbɔ ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa ƒe ɖɔla Mose na mi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
va se ɖe esime Aƒetɔ nana nɔƒe woawo hã abe miawo ke ene, eye woawo hã axɔ anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la le tsɔtsɔm na wo la. Ema megbe la, migbugbɔ yi anyigba si nye mia tɔ, si Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla na mi le ɣedzeƒe gome le Yordan godo la dzi, eye mianɔ afi ma.”