Joshua 10:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye ɣe kple ɣleti siaa megaʋã o va se ɖe esime Israelviwo ƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ eƒe futɔwo keŋkeŋ! Woŋlɔ nu geɖewo wu esia tso aʋa sia wɔwɔ ŋuti ɖe Yasar ƒe Agbalẽ me. Ale ɣe tɔ ɖe dziƒo abe gaƒoƒo blaeve-vɔ-ene sɔŋ ene!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ɣe kple ɣleti wotɔ, vaseɖe esime dukɔ la bia hlɔ̃ woƒe futɔwo. Ɖe womeŋlɔ esia ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe agbalẽ me oa? Eye ɣe tɔ le ɣeɖota me, eye meɖe abla ɖaɖo to o anɔ ŋkeke blibo ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ɣe nɔ te ɖi, eye ɣleti tɔ te ɖi, va se ɖe esime dukɔa bia hlɔ̃ woƒe futɔwo. Ðe womeŋlɔ nya sia ɖe Ame dzɔdzɔewo ƒe Agbalẽ la me oa? Esi ɣe ɖo ta la, etɔ te eye mezɔ yi ɖaɖo to o. Enɔ afi ma abe ŋkeke blibo ene.