Joshua 10:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woƒe asaɖa me le Makeda. Womewu aʋawɔla ɖeka pɛ gɔ̃ hã le wo dome o! Tso esia dzi la, futɔ aɖeke megaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
dukɔ blibo la gbugbɔ va Yosua gbɔ le Makeda le asaɖa me dedie, eye amea ɖeke medo dzi ke fi ɖe Israel-viwo ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋawɔlaawo katã gbugbɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Makeda dedie. Ema megbe la, ame aɖeke megado dzi ke nu gblɔ nya aɖeke ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.