Joshua 10:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ma gbe ke la, Yosua tsrɔ̃ Makeda du la, eye wòwu fia la kple ame sia ame si nɔ dua me; womena ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã tsi agbe le du blibo la me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yosua xɔ Makeda le ŋkeke ma ke dzi; ewu wo kple yi, eye wotsrɔ̃ eme fia kple amesiwo katã le eme la gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, eye wòwɔ Makeda-fia, abe alesi wòwɔ Yerixo-fia ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yosua xɔ Makeda-du gbe ma gbe, eye wòwu dufia la kple ame sia ame le dua me; ɖeke mekpɔ mɔ sí o. Nu si wòwɔ Yerixo-fia la, eya kee wòwɔ Makeda-fia hã.