Joshua 12:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia siwo dzi Israelviwo ɖu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, ame siwo ƒe duwo wogbã tso keke Arnon tɔsisi la ƒe balime va yi Hermon to la gbɔ kple du siwo le gbegbe siwo le ɣedzeƒe la woe nye esiawo:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Israel-viwo ɖu, amesiwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ kple gbadzaƒe blibo, si le ɣedzeƒe:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israelviwo ɖu fia eve dzi, eye woxɔ woƒe anyigba le wo si. Anyigba la tso Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome to Arnon-tɔʋu nu va se ɖe Xermon-to kple gbadzaƒe si le ɣedzeƒe gome la gbɔ. Fia siwo dzi woɖu la dometɔ ɖekae nye